Hebrews 6

1Eya ta mina míaɖe asi le gɔmedzenuwo fiafia tso Kristo ŋuti ŋu eye míaɖe zɔ ayi ɖe tsitsi ɖe edzi me. Migana míagbugbɔ gɔmeɖokpe aɖo na dzimetɔtrɔ tso nu siwo kplɔa ame yia kume la o, kple agbugbɔ gɔmeɖokpe agaɖo na xɔse le Mawu me, 2nufiafia tso mawutsideta ŋu, asidada ɖe ame dzi, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ mavɔ ŋuti o. 3Esia míawɔ ne Mawu lɔ̃.

4Ke ame siwo dze anyi la, ale ke woawɔ agbugbɔ wo va dzimetɔtrɔ me? Wonye ame siwo nɔ Mawu ƒe kekeli me kpɔ. Woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ eye wokpɔ gome hã le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, 5ame siawo ɖɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyonyo kple ŋusẽ siwo le dzidzime si gbɔna la me hã kpɔ. 6Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.

7Anyigba si noa tsi si dzana ɖe edzi zi geɖe eye wòwɔa nuku nyuie na agbledela siwo ŋlɔa anyigba la, xɔa yayra tso Mawu gbɔ. 8Ke ne anyigba la mie ŋuwo kple aŋɔkawo la, meganyo na naneke o eye ŋɔdzi li be ele fiƒode te. Mlɔeba la, woatɔ dzoe.

9Nɔvi lɔlɔ̃awo togbɔ be míele nu ƒom alea hã la, kaka ɖedzi le mía si be nya siawo meku ɖe mia ŋu o. Ke boŋ miaƒe ɖeɖekpɔkpɔ le ku nyuiwo tsem le miaƒe agbe me. 10Mawu menye nuteƒemawɔla o, eya ta maŋlɔ dɔ nyui si míewɔ nɛ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae be míekpe ɖe eƒe amewo ŋu eye míegale nu siawo wɔm fifia la, be gbeɖe o. 11Enye míaƒe didi be mia dometɔ ɖe sia ɖe na lé nu siawo wɔwɔ me ɖe asi va se ɖe nuwuwu kple ŋkubia ale be miaƒe mɔkpɔkpɔ na de blibo. 12Míedi be ame aɖeke nazu kuviatɔ o ke boŋ ame sia ame nasrɔ̃ ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi nu si ŋugbe wodo na wo la ƒe dome ƒe kpɔɖeŋu.

13Esi Mawu do ŋugbe na Abraham eye ame aɖeke meli lolo wui wòayɔ aka atam o ta la, eta eya ŋutɔ ɖokui, 14hegblɔ bena, “mayra wò godoo eye mana dzidzimevi geɖewo wò.” 15Ale, esime Abraham gbɔ dzi ɖi blewuu la, ŋugbedodo sia va eme nɛ pepepe.

16Ne ame aɖe be yea ka atam la, eyɔa ame bubu si ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ kɔ wu eya ŋutɔ tɔ la ka atam lae heɖoa kpe nya si wògblɔ la dzi eye wòtsia nyaʋiʋli ɖe sia ɖe nu. 17Esi wònye be Mawu di be yeana eme nakɔ nyuie na ŋugbedodo ƒe domenyilawo be nu si ƒe ŋugbe yedo matrɔ o ta la, eka atam tsɔ ɖo kpe eƒe ŋugbedodo la dzi. 18Mawu wɔ esia ale be, to nu eve siwo metrɔna o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le gbeɖe o la dzi, mí ame siwo si yi ɖaku ɖe mɔkpɔkpɔ si wona mí la ŋu la nakpɔ dziɖeƒo gã aɖe. 19Mɔkpɔkpɔ sia le mia si abe luʋɔ ƒe seke sesẽ si maʋa akpɔ o la ene. Ete ŋu gena ɖe Kɔkɔe ƒe le xɔmetsovɔ la godo 20afi si Yesu ame si do ŋgɔ na mí la ge ɖo ɖe mía nu. Eya va zu Osɔfogã abe Melkizedek ene tegbee.

Copyright information for EweBEE